Ephesians 3

Paulo ƒe dɔ le Trɔ̃subɔlawo dome

1Le esia ta, nye Paulo, Kristo Yesu ƒe dɔla, mele ga me le afii le mi Trɔ̃subɔlawo ta. 2Mexɔe se be miese Mawu ƒe amenuveve, si wònam le mia ta 3le esia me be Mawu na menya eƒe ɖoɖo ɣaɣla be Trɔ̃subɔlawo hã nakpɔ amenuveve. Meka nya sia ta na mi do ŋgɔ kpuie to nye agbalẽŋɔŋlɔ na mi me. 4Megblɔ esia be matsɔ aɖe nya me na mi tso ale si mewɔ hafi nya nu siawo la ŋuti. 5Le blema la, Mawu meɖe eƒe ɖoɖo sia fia eƒe amewo o, gake azɔ la eɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖilawo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.

6Azɔ nya ɣaɣla lae nye esi: Ebe Trɔ̃subɔla siwo trɔ dzime la akpɔ gome le domenyinyi magblemagblẽ si wòɖo ɖi na viawo la me sɔsɔe kple Yudatɔwo; eyɔ wo kple eve la katã be woanye yeƒe hametɔwo. Mawu ƒe ŋugbedodowo be yeakɔ yayra geɖe ɖe amewo dzi to Kristo dzi la, yi na wo kple eve la katã, nenye be woxɔ Kristo ƒe nyanyui la kple dɔ gã si wòwɔ ɖe wo nu la dzi se. 7Mawu na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛm be magblɔ eƒe ɖoɖo sia na ame sia ame eye wòtsɔ eƒe ŋusẽ kple ŋutete tɔxɛ nam bena mate ŋu awɔ dɔ sia nyuie.

8Mibu nu sia ŋuti kpɔ! Togbɔ be nyemewɔ naneke si dze na bubu sia o, eye nyee ganye kristotɔ gblɔetɔ wu ame sia ame hã la, nye koe nye ame si wòtia, tsɔ dzidzɔ tɔxɛ sia na be magblɔ Dzidzɔnya sia na Trɔ̃subɔlawo tso kesinɔnu mavɔ si li na wo to Kristo me; 9eye wògadi be maɖe nya me na ame sia ame be Mawue nye Trɔ̃subɔlawo hã ƒe Ɖela, abe ale si eya ame si wɔ nuwo katã la ɖoe da ɖi le adzame tso gɔmedzedzea me ene.

10Susu ka tae wòwɔ ɖoɖo sia ɖo? Ewɔ ɖoɖo sia be wòatsɔ afia dziɖula kple ŋusẽ vovovo, siwo le dziƒonutowo me, ale si Mawu ƒe nunya de bliboe: ne wokpɔ eƒe ƒome blibo, ame si wo nye Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa, la woƒo ƒu le eƒe hame la me, 11abe ale si wòɖo da ɖi be yeawɔ to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi ene.

12Azɔ la míate ŋu ado ɖe Mawu ŋkume dzideƒotɔe, eye kakaɖedzi hã le mía si be axɔ mí dzidzɔtɔe nenye be míedo ɖe eŋkume kple Kristo eye míexɔ edzi se.

13Eya ta to kukuɖeɖe me, dzi megaɖe le mia ƒo ɖe nu si tum wole kplim le afi sia la ta o. Miawo tae mele fua kpem ɖo eya ta mitsɔe be enye bubudede mia ŋu eye dzideƒo nanɔ mia si.

Paulo do gbe ɖa ɖe Efeso hamea ta

14Eya ta medzea klo doa gbe ɖa na Fofo la 15ame si gbɔ xɔsetɔwo ƒe ƒomeawo katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa woƒe ŋkɔ tsonɛ. 16Medoa gbe ɖa be tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu gbogboawo me la, wòana ŋusẽ tɔxɛ mi to eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi. 17Megadoa gbe ɖa hã be, gbe sia gbe la Kristo naxɔ aƒe ɖe miaƒe dziwo me to xɔse me eye wòanɔ mia me, zi ale si miexɔ edzi se. Neva eme be miatsi, ato ke ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ wɔnuku la me; 18eye bena mi kpakple ame kɔkɔewo katã miakpɔ kelili be miate ŋu adze si ale si Kristo ƒe lɔlɔ̃ keke, didi, kɔkɔ eye wògogloe, 19eye be mianya Kristo ƒe lɔlɔ̃ sia, si kɔ wu miaƒe nugɔmesesewo katã. Ale mlɔeba la, Mawu ƒe agbɔsɔsɔ la katã nayɔ mi fũu. 20Ke, hena eya ame si tea ŋu wɔ nuwo geɖee wu nu siwo katã míebiana alo susuna, le eƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm le mía me la, 21eya tɔe lanye ŋutikɔkɔe le hamea me kple Kristo Yesu me le dzidzimewo katã me, tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.

Copyright information for EweBEE